Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 15:18 - Agbenya La

18 Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Yehowa dɔ wò ɖe nugbe gblɔ bena: Yi naɖatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔla, siwo nye Amalekitɔwo la gbidigbidi, eye nawɔ aʋa kpli wo, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 15:18
9 Mawu Ofanana  

Ame siwo nɔ Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu.


Wotrɔ azɔ yi En Misfat (afi si woyɔna egbegbe be Kades la), eye woɖu Amalekitɔwo kple Amoritɔwo, ame siwo nɔ Hazazon Tamar la dzi.


Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”


Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwo kple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa?


Yehowa ƒe mɔ nye sitsoƒe na ame dzɔdzɔe, ke enye gbegblẽ na nu tovo wɔlawo.


Dzɔgbevɔ̃e tia vɔ̃wɔla yome gake dzɔgbenyui nye ame dzɔdzɔe ƒe fetu.


tso ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woku la ƒe dzudzɔdosonuwo gbɔ. Na wòatsɔ dzudzɔdosonuawo atu ga gbadza aɖe atsyɔ vɔsamlekpui la dzi, elabena dzudzɔdosonu siawo le kɔkɔe esi wowɔ wo ŋu dɔ le Yehowa ŋkume ta. Ale ga gbadza si tsyɔ vɔsamlekpui la dzi la azu ŋkuɖodzinu na Israelviwo.”


“Ke mí ame siwo nye Yudatɔwo tso dzɔdzɔme eye míenye nu vɔ̃ wɔlawo abe ame siwo menye Yudatɔwo ene o la,


Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa