Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 15:16 - Agbenya La

16 Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!” Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Samuel gblɔ na Saul bena: Ɖo to gbɔ, ne magblɔ nya, si Yehowa to nam eto ƒe zã la na wò! Egblɔ be: Ƒo nu!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 15:16
8 Mawu Ofanana  

Ale esi Ahiya se nyɔnu la ŋkɔ le eƒe ʋɔtru nu ko la, edo ɣli be, “Yeroboam srɔ̃, ge ɖe eme. Nu ka ta nèle agbagba dzem be yeadze ame bubui?” Egblɔ na nyɔnu la be, “Nya vɔ̃ aɖe le asinye na wò,


Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”


Tete Yesaya gblɔ na Hezekia be, “Ɖo to nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.


Ale Nyagblɔɖila Yeremia yi ɖato nya siawo katã na Yuda fia Zedekia le Yerusalem,


Azɔ la, mitsi tsitre ɖe afi sia kpoo le Yehowa ŋkume ne maɖo ŋku nu nyui siwo katã wòwɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la dzi na mi.


Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.”


Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.


Esi woɖo dua ƒe gbɔto la, Samuel gblɔ na Saul be, “Gblɔ na subɔla la be wòado ŋgɔ” eye subɔla la wɔ nenema. “Gake wò la, lala ne magblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ la na wò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa