1 Samuel 14:6 - Agbenya La6 Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Na míayi aʋamatsomatsoetɔ mawo gbɔ, ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu aɖe na mí elabena amewo ƒe agbɔsɔsɔ menye naneke le Yehowa gbɔ o!” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19136 Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o! Onani mutuwo |
Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!”