David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe.
Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!”