Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:47 - Agbenya La

47 Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:47
17 Mawu Ofanana  

Nyɔnuvi tsitsitɔ dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Moab; eyae nye Moab dukɔa tɔgbui.


Nyɔnuvi suetɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Ben Ami; eyae nye Amonitɔwo tɔgbui.


Esau (ame si wogayɔna hã be Edom) la ƒe dzidzimeviwo yi ale:


Ame siawo nye Esau alo Edom ƒe viŋutsuwo, eye ame siawoe nye woƒe fiawo.


Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.


“Yonatan ƒe aŋutrɔ metrɔ gbɔ ƒuƒlu eye Saul ƒe yi metrɔ gbɔ numagblemagblẽ tso aʋatsilawo ƒe ʋu me kple kalẽtɔwo ƒe ŋutilã ŋu o,


Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi.


David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.


Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to.


Solomo ƒe futɔ bubu si Mawu na wòkpɔ ŋusẽe nye Eliada ƒe vi Rezɔn, Zoba fia Hadadezer ŋume ɖeka si dzo le fia la gbɔ kple anyigba la dzi.


Gawu la, Yehowa megblɔ be yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi o, eya ta wòto Fia Yeroboam Evelia, Yehoas ƒe vi la dzi ɖe Israel.


Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke.


Saul xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve, ɖe Israel dzi;


Saul na aʋawɔlawo gbugbɔ eye Filistitɔwo trɔ yi aƒe.


Israel wɔ aʋa kple Filistitɔwo edziedzi le Saul ƒe agbenɔɣi. Ne Saul kpɔ ɖekakpui sesẽ kalẽtɔ aɖe ko la, ehenɛ dea eƒe aʋakɔ la me.


Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa