1 Samuel 14:45 - Agbenya La45 Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191345 Gake dukɔ la gblɔ na Saul bena: Ɖe Yonatan, amesi du dzi gã sia le Israel la, akua? Esia nede megbe xaa! Mieta Yehowa ƒe agbe be, taɖaa ɖeke mage tso eƒe ta ɖe anyigba o; elabena Mawue na be, wowu nusia egbea! Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu, be meku o. Onani mutuwo |
Etsɔ nunɔlagã Amaria ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a mawuvɔ̃nyawo nu; etsɔ Zebadia, Ismael ƒe vi, ɖo dziɖula le Yuda be wòakpɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a dukɔmenyawo dzi eye wòna be Levitɔwo nakpe ɖe wo ŋu. Eƒe nya mamlɛtɔ na woe nye, “Migavɔ̃ le miaƒe tenɔnɔ ɖe nyateƒe la nu kple nuteƒewɔwɔ me o. Yehowa nato mia dzi aʋli fɔmaɖilawo ta.”