Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:15 - Agbenya La

15 Nu sia na Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo kple nuhalawo sia vɔ̃ eye wotɔtɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la anyigba ʋuʋu sesĩe eye vɔvɔ̃ gaɖo futɔwo wu tsã elabena ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple gbeadzi kpakple aʋakɔ blibo la; dzidzi ƒo dzɔlawo kple afunyilawo, eye anyigba ʋuʋu, elabe ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:15
18 Mawu Ofanana  

Emegbe la, wodze mɔ. Mawu na vɔvɔ̃ dze du siwo katã me woto la dzi, ale be womeho aʋa ɖe wo ŋu o.


Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi. Esiae anye dzesi na wò be Yehowa dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”


Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo.


Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame.


Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.


Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete.


Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


“Menyae nyuie be Yehowa le míaƒe anyigba tsɔ ge na mi. Mí katã míele mia vɔ̃m. Miaƒe ŋkɔ ‘Israel’ sese ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lãme na ame sia ame,


Esi Gideon ƒe ameawo ɖe to ɖe asaɖa la la, Midiantɔwo katã lé du tsɔ eye wonɔ ɣli dom esime wonɔ dua dzi.


Filistitɔwo ƒe aʋalɔgo etɔ̃ ho tso woƒe asaɖa me be yewoayi aɖaha nuwo. Aʋalɔgo ɖeka ɖo ta Ofra le Sual nyigba dzi;


aʋalɔgo evelia yi Bet Horon eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si le Zeboim ƒe balime te ɖe gbegbe la ŋu la dzi.


Azɔ Filistitɔwo ɖe asrafo aɖewo woyi ɖaxɔ mɔ si ɖo ta Mikmas.


Wowu wo dometɔ blaeve eye ame kukuawo kaka ɖe teƒe si de agbleka afã.


Saul ƒe gbetakpɔlawo le Benyamin ƒe Gibea kpɔ nu wɔnuku aɖe: wokpɔ Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ sisim tso afii yi afi mɛ.


Esi Samuel nɔ numevɔ sam ko la, Filistitɔwo ƒo ɖe Israelviwo dzi bibibi hena aʋawɔwɔ. Ke Yehowa ɖe gbe kple dziɖegbe ƒe gbe ɖe Filistitɔwo dzi, ŋɔdzi lé wo eye wotɔtɔ. Israelviwo dze wo dzi, fiti wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa