Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:10 - Agbenya La

10 Ke ne wogblɔ be, ‘Milia toa miava wɔ aʋa kpli mí’ la, ekema míawɔ nenema tutututu elabena eyae anye dzesi be Yehowa tsɔ wo de asi na mí.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke ne wogblɔ na mí bena: Miva mía gbɔ la, ekema míayi; elabena Yehowa tsɔ wo de asi na mí! Esia anye míaƒe dzesi!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:10
8 Mawu Ofanana  

Nu si mebia wò lae nye ɖetugbi si mabia be wòana tsim, eye wòagblɔ be, ‘Yoo, mana tsi wò kple wò kposɔwo siaa’ la, na be eya tututu nanye nyɔnu si wò ŋutɔ nètia be wòanye Isak srɔ̃. To esia me madze sii le be ève nye aƒetɔ nu.”


Yesaya ɖo eŋu nɛ be, “Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò be Yehowa awɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo; àdi be vɔvɔli nayi megbe ɖoƒe ewo loo wòayi ŋgɔ ɖoƒe ewoa?”


Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.”


Gideon gblɔ na Mawu be, “Ne àto nye asi dzi aɖe Israel abe ale si nèdo ŋugbe ene la


eye nàɖo to nya siwo gblɔm futɔwo le, ekema dzi aɖo ƒowò, eye nàtso enumake ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu!” Ale Gideon kplɔ Pura ɖe asi eye wowɔ ɖɔɖɔɖɔ yi futɔwo ƒe nɔƒe.


Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò.


ne futɔwo kpɔ mí eye wogblɔ be, ‘Mitɔ ɖe afi ma ne menye nenema o la, míawu mi’ la, ekema míatɔ alala wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa