Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 13:3 - Agbenya La

3 Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le Geba eye nya sia ɖi le Filistitɔwo ƒe anyigba blibo la dzi. Eye Saul ku aʋakpẽ le Israelnyigba blibo la dzi eye wòɖe gbeƒã be “Hebritɔwo katã nesee.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔla, siwo le Geba, eye Filistitɔwo see. Tete Saul na woku kpẽ le anyigba blibo la katã dzi, bena Hebritɔwo nasee.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 13:3
12 Mawu Ofanana  

Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋakɔ la yometiti.


Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be, “Migbugbɔ le David yome! Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo: menye míaƒe fiae o!”


16 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi.


Wodo to domemɔ, eye wogblɔ be, “Miatsi Geba adɔ.” Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me.


Anyigba blibo la, tso Geba yi Rimon le Yerusalem ƒe dziehe, anɔ abe Araba ene. Ke woakɔ Yerusalem ɖe dzi, eye wòanɔ eteƒe tso Benyamingbo la nu yi ɖe Agbo Gbãtɔ nu, yi ɖe Dzogoegbo la nu, eye tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe fiawo ƒe wainfiaƒe.


Kefar Amoni, Ofni, Geba. Du wuieve kple woƒe kɔƒeduwo.


Wona du ene siawo wo, le Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Gibeon, Geba,


Esi wòɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, eku kpẽ. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ.


Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Gideon dzi. Eku kpẽ yɔ Abiezeritɔwo be woadze ye yome.


“Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi.


Saul kple Yonatan kple ame alafa ade siawo ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi le esime Filistitɔwo ganɔ Mikmas.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa