Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 13:11 - Agbenya La

11 Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke Samuel gblɔ bena: Nuka nèwɔ? Saul ɖo ŋu bena: Esi mekpɔ be, dukɔ la kaka le ŋunye, wò hã mèva le ɣeyiɣi la dzi o, eye Filistitɔwo va kpe ta ɖe Mixmas la,

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 13:11
12 Mawu Ofanana  

Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.”


Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia.


Yoab yi Fia la gbɔ eye wògblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò. Nu ka ta nèɖe asi le eŋu? Fifia edzo!


Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?” Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.”


Woge ɖe Ayat, woto Migron, eye wova gble woƒe nuzazãwo ɖe Mikmas.


Yosua gblɔ na Akan be, “Vinye, tsɔ bubu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, eye nàʋu nu vɔ̃ me; gblɔ nu si nèwɔ la nam.”


Eya ta mesusui be azɔ la, Filistitɔwo ava dze dzinye le Gilgal evɔ nyemebia amenuveve tso Yehowa gbɔ o! Esia zi dzinye eye mewɔ numevɔsa la.”


Saul kple Yonatan kple ame alafa ade siawo ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi le esime Filistitɔwo ganɔ Mikmas.


etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me.


Azɔ Filistitɔwo ɖe asrafo aɖewo woyi ɖaxɔ mɔ si ɖo ta Mikmas.


Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome.


Agakpe anyiehetɔ nɔ Mikmas ŋgɔ eye dziehetɔ nɔ Geba ŋgɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa