Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:24 - Agbenya La

24 Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ɖeko mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe nyateƒetɔe tso miaƒe dzi blibo me, elabena miekpɔ nu gã, si wòwɔ na mi!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:24
17 Mawu Ofanana  

Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.”


Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee.


Na kpɔtsɔtsɔ manɔ nye dzi ŋuti ɖe wò sededewo ŋu o, ale be ŋu makpem o.


Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o.


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Nya blibo la ƒe taƒonyae nye: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabena esia koe nye amegbetɔwo ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo


Kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖina le miaƒe kplɔ̃ɖoƒewo, axatsɛwo, kpẽwo kple wain bɔna ɖe eŋu, gake wometsɔ ɖeke le eme na Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo alo ade bubu eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o.


Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israelvi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.”


Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ.


Mose gbugbɔ nubabla si Yehowa wɔ kple Israelviwo le Horeb to la dzi la gblɔ le Moab gbedzi.


Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte.


elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.


“Eya ta mivɔ̃ Yehowa, eye miasubɔe kple dzi blibo le nyateƒe me. Miɖe asi le mawu siwo mia tɔgbuiwo subɔ esime wonɔ Frat tɔsisi la godo kple Egipte la ŋu. Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa