Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:21 - Agbenya La

21 Mawu bubuawo mate ŋu akpe ɖe mia ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Migate ɖa, ne miadze nu dzodzro, siwo me viɖe mele o, eye womate ŋu aɖe mi o la yome o; elabena nu dzodzrowo wonye!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:21
21 Mawu Ofanana  

Wogbe eƒe sewo kple nubabla si wòwɔ kple wo fofowo la eye wodo vlo eƒe nuxlɔ̃amenyawo. Wosubɔ ati kple kpewo ale be wova zu abunɛtɔwo. Wosrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ, evɔ Yehowa de se na wo be, “Migawɔ abe ale si wowɔna ene la o.” Ke wogbe hewɔ nu siwo Yehowa be womegawɔ o.


Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko! Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o. Woƒe legbawo hã nye ya kple tofloko ko.


“Miƒo ƒu ne miava. Miƒo takpli, mi aboyome siwo tso dukɔwo me. Abunɛtɔwoe nye ame siwo lé aklamakpakpɛwo ɖe ta, eye wodoa gbe ɖa na mawu siwo mate ŋu aɖe ame o.


Wotsɔnɛ ɖoa abɔta henɔa yiyim kplii. Wotsɔnɛ ɖoa enɔƒe, eye afi ma ko wònɔa tsitre ɖo. Metea ŋu ɖea zɔ yia teƒe bubu o. Togbɔ be wodoa ɣli nɛ hã la, meɖoa nya ŋu na wo o, eye metea ŋu ɖea wo le woƒe xaxawo me hã o.


Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.


Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo. Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o lae nye woƒe nufiala.


Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa? Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia? Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ. Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò, elabena wòe wɔa esiawo katã.”


O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe le hiahiãgbe, gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be, “Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee; toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui aɖeke vɛ na wo o.


“Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve. Wogbe nu le nye agbetsivudo la gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo, tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o.


Ale Yehowa gblɔe nye si. “Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye be wotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe? Wokplɔ legba maɖinuwo ɖo eye woawo ŋutɔ hã zu nu maɖinuwo.


“Ame siwo subɔa alakpamawuwo la bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ!


Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò, eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò, elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.”


“Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o.


“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ.


Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye, enyo be kristotɔ naɖu nu si woɖa na trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenya kɔtɛe be, “Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li” eye “Legbawo la, womenye naneke kura le xexe sia me o.”


“Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o.


Ke ne miaƒe dzi ato mɔ bubu, miawɔ nye seawo dzi o, ne woakplɔ mi atra mɔe, eye miasubɔ mawu bubuwo la,


Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ, legba siwo menye mawuwo kura o. Nye hã mana woaʋã ŋu dukɔ si menye dukɔ o la. Mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa