Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:15 - Agbenya La

15 Ke ne miatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe sewo ŋu eye miagbe toɖoɖoe la, ekema eƒe asi asẽ ɖe mia dzi abe ale si wòsẽ ɖe mia tɔgbuiwo dzi ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke ne mieɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu la, ekema Yehowa ƒe asi ava mia dzi, abe alesi wòva mia fofowo dzi ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:15
12 Mawu Ofanana  

eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome.


Ke ne miesẽ to, dze aglã la, yi atsrɔ̃ mi.” Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi. Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.


“Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me.


elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe?


Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.”


Ne Israelviwo yi aʋa wɔ ge la, Yehowa megakpena ɖe wo ŋu o ale woɖua wo dzi abe ale si wòka atam na wo la ene eya ta wonɔ xaxa gã aɖe me.


“Ke woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be kaba eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Sisera, Fia Hazor ƒe aʋafia kple Filistitɔwo ƒe fia kple Moab fia.


Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa