Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:14 - Agbenya La

14 Azɔ, ne miavɔ̃ eye miasubɔ Yehowa, ahawɔ eƒe sewo dzi, miagadze aglã ɖe eŋu o eye ne miawo kple miaƒe fia la siaa miadze Yehowa, mia Mawu, yome la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ne mieva Yehowa, eye míesubɔe, mieɖo to eƒe gbe, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu o, eve mia kple miaƒe tia, si le mia dzi ɖu ge, miadze Yehowa, mia Mawu la yome la, ekema aɖe mi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:14
11 Mawu Ofanana  

eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome.


Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa?


Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.


“Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me.


Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana.


“Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome.


“Eya ta mivɔ̃ Yehowa, eye miasubɔe kple dzi blibo le nyateƒe me. Miɖe asi le mawu siwo mia tɔgbuiwo subɔ esime wonɔ Frat tɔsisi la godo kple Egipte la ŋu. Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko.


Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa