Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:10 - Agbenya La

10 Wogado ɣli ɖe kuku na Yehowa eye woʋu eme be yewowɔ nu vɔ̃ esi yewotrɔ le Yehowa yome hesubɔ Baal kple Astarɔtwo. Woɖe kuku be, ‘Míasubɔ wò, míaƒe Mawu, ɖeɖe ko ne àɖe mí tso míaƒe futɔwo si me ko’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wodo ɣli yɔ Yehowa gblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, elabena miegblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baalwo kple Astartewo; azɔ ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, ekema miasubɔ wò!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:10
18 Mawu Ofanana  

Ke ekpɔ woƒe hiã la ɖa, esi wòse woƒe ɣlidodo;


Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la, Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me.


elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la. Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí, eye Yehowae nye míaƒe fia. Eyae nye ame si aɖe mí.


Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã. Esiawoe nye anyigba siwo wotsɔ na Manase ƒe vi Makir ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒome nu.


eye mlɔeba la, Israelviwo trɔ va Yehowa gbɔ heɖe kuku nɛ be wòagaxɔ na yewo. Woʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò: míegblẽ wò, míaƒe Mawu ɖi eye míesubɔ Baal.”


Tete Israelviwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wosubɔ Baalwo.


wogblẽe ɖi eye wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo.


Ke esi Israelviwo gado ɣli na Yehowa la, eɖo ɖela aɖe ɖe wo. Ɖela siae nye Ehud, Gera ƒe vi, tso Benyamin ƒe to la me, ame si nye mia wɔla. Israelviwo dɔe ɖo ɖe Moab fia Eglon gbɔ kple woƒe nudzɔdzɔ.


Ale Israelviwo wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, elabena wotrɔ le Yehowa, woƒe Mawu la yome eye wosubɔ Baalwo kple aƒeliwo.


Ke esi Israel do ɣli na Yehowa la, ena Kaleb ƒe tɔɖiayɔvi, Otniel, ame si nye Kenaz, Kaleb nɔviŋutsu ƒe vi la ɖe wo tso futɔwo si me.


Esi gatasiaɖam alafa asiekɛ nɔ esi, eye wòwɔ funyafunya Israelviwo ƒe blaeve sɔŋ ta la, Israelviwo do ɣli na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu be wòaɖe yewo.


Esi Israelviwo do ɣli na Yehowa le Midiantɔwo ta la,


Nubablaɖaka la nɔ Kiriat Yearim ƒe blaeve. Israelviwo xa nu to ƒe siawo me elabena edze na wo abe ɖe Yehowa gblẽ wo ɖi ene.


Wova kpe ta ɖe Mizpa, woku tsi tso vudo aɖe me kɔ ɖe anyigba le Yehowa ŋkume eye wotsi nu dɔ ŋkeke blibo ɖeka abe nuxaxa ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta ene. Ale Samuel zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la le Mizpa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa