Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 11:7 - Agbenya La

7 Ewu nyitsu eve, fli woƒe lã eye wòɖo lãkɔawo ɖe Israelnyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖe gbeƒã be, “Aleae woawɔ ame sia ame si madze Saul kple Samuel yome ayi aʋa o la ƒe nyitsue nye esi!” Yehowa na ameawo vɔ̃ Saul ƒe dɔmedzoe ale wo katã ƒo ƒu va Saul gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Enumake wòlé nyi eve heɖi, eye wòtsɔ wo ɖe amewo si ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la dzi gblɔ bena: Ale woawɔ amesi metso dze Saul kple Samuel yome o la, ƒe nyiwo enye si! Tete Yehowa ƒe ŋɔdzi lé dukɔ la, eye woho zi ɖeka.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 11:7
8 Mawu Ofanana  

Emegbe la, wodze mɔ. Mawu na vɔvɔ̃ dze du siwo katã me woto la dzi, ale be womeho aʋa ɖe wo ŋu o.


Esi wonɔ Gerar la, wodze du siwo katã nɔ nuto me ma la dzi eye Yehowa na vɔvɔ̃ ɖo afi ma tɔwo. Le esia ta wogaha aboyonu geɖewo le du siawo hã me.


Vɔvɔ̃ na Yehowa dze fiaɖuƒe siwo ƒo xlã Yuda la dzi ale wo dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Yehosafat ŋu o.


Mikpɔ nyuie be miatso afia bubu tso esi Mawu gblɔ na mi be miatso la gbɔ o elabena mele be afiaŋkunɔtsotso, ameŋkumekpɔkpɔ alo zãnuxɔxɔ nanɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo me o.”


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la koe nye ame si miabu kɔkɔe. Eyae nye ame si ado ŋɔdzi na mi,


Esi wòɖo aƒe la, etsɔ hɛ fli eƒe ahiãvi la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe.


Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa