Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 11:13 - Agbenya La

13 Ke Saul gblɔ be, “Womawu ame aɖeke egbe o elabena Yehowa ɖe Israel egbe!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke Saul gblɔ bena: Womawu amea ɖeke le egbe ŋkeke sia dzi o, elabena egbe Yehowa na dziɖuɖu le Israel!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 11:13
11 Mawu Ofanana  

David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?”


Fia la trɔ ɖe Simei ŋu eye wògblɔ be, “Mana nànɔ agbe.” Ale fia la ka atam ɖe nya sia dzi nɛ.


Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!


Ke Mose ɖo eŋu na wo be, “Migavɔ̃ o, minɔ te ɖe afi si miele la ko, milé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye miakpɔ nukumɔ si dzi Yehowa aɖe mi toe egbe la ɖa. Egiptetɔ siwo kpɔm miele fifia la, miagakpɔ wo akpɔ o.


Ale Yehowa ɖe Israelviwo gbe ma gbe tso Egiptetɔwo ƒe asi me. Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo woku, eye atsiaƒu la ɖe woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe gota.


Yehowa kpɔ be ame aɖeke meli o. Ewɔ moya nɛ be ame aɖeke meli si alé avu o, ale wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe alɔ xɔ na eɖokui, eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye lée ɖe te.


Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.


Gake ame vlo aɖewo gblɔ be, “Aleke ame sia tɔgbi ate ŋu aɖe mí?” Ale wodo vloe eye wometsɔ nunana ɖeke vɛ nɛ o, gake Saul megblɔ nya aɖeke o.


Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan.


Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa