Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 11:1 - Agbenya La

1 Le ɣeyiɣi sia me la, Nahas kplɔ Amonitɔwo ƒe aʋakɔ eye woho aʋa ɖe Israelviwo ƒe du Yabes Gilead ŋu. Yabestɔwo bia ŋutifafa heɖe kuku be, “Migawɔ aʋa kpli mí o; míelɔ̃ be míazu miaƒe subɔlawo boŋ.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Emegbe Amonitɔ Nahas ho va de to de Yabes-Gilead. Tete Yabes-ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas bena: Bia nu kpli mí, ekema miasubɔ wò!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 11:1
23 Mawu Ofanana  

Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome.


Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amonitɔwo ƒe fia ku eye via Hanun ɖu fia ɖe eteƒe.


David gblɔ be, “Manyo dɔ me na Hanun, Nahas ƒe vi abe ale si fofoa nyo dɔ me nam ene.” Ale David dɔ amewo be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va ɖo Amonitɔwo ƒe anyigba dzi la,


Esi David va ɖo Mahanaim la, Sobi, Nahas ƒe vi si tso Amon ƒe viwo ƒe Raba kple Makir, Amiel ƒe vi si tso Lo Debar kple Barzilai, Gileadtɔ la si tso Rogelun la


eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta.


Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.” Ahab gblɔ be, “Bla nu kplim, ekema maɖe asi le ŋuwò nàdzo.” Ale wòbla nu kplii eye wòɖe asi le eŋu wòdzo.


Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la,


woƒe aʋawɔlawo katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ.


Awɔ ɖoɖo kpli wò be nàkplɔe wòanye wò kluvi le eƒe agbe me katã?


“Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ wò kple woƒe mawuwo dome o.


“Migaɖo to Hezekia o. Ale Asiria fia gblɔe nye esi: ‘Mido va gbɔnye, miawɔ ŋutifafa kplim.’ Ekema ame sia ame aɖu eƒe waintsetse kple gbotsetse, eye wòano eya ŋutɔ ƒe vudometsi


Esi Yudatɔ siwo katã le Moab, Amon, Edom kple du bubuwo me se bena Babilonia fia gblẽ ame aɖewo ɖe Yuda eye wòtsɔ Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe wo nu la,


eye wogblɔ nɛ be, “Mènya be Amonitɔwo ƒe fia Balis dɔ Netania ƒe vi, Ismael be wòava ɖe wò agbe ɖa oa?” Ke Ahikam ƒe vi, Gedalia mexɔ woƒe nya la dzi se o.


Elé fiaƒomea me tɔ aɖe, wɔ nubabla kplii, eye wòka atam nɛ. Ekplɔ anyigba la ƒe ame ŋkutawo dzoe,


“Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke, le dzidzime ewolia megbe gɔ̃ hã mekpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe la o.


edo dziku ɖe wo ŋuti. Etsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amonitɔwo,


Ɣeyiɣi sia mee Amonitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu.


Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o.


“Ke esi mienɔ vɔvɔ̃m na Nahas, Amonitɔwo ƒe fia ta la, mieva gblɔ nam be maɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi, le esime Yehowa, mia Mawu la nye miaƒe Fia xoxo elabena eyae nye miaƒe Fia ɣeawo katã ɣi.


Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa