Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 10:24 - Agbenya La

24 Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!” Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 10:24
14 Mawu Ofanana  

Esi David xɔlɔ̃, Husai, Arkitɔ la va ɖo la, eyi Absalom gbɔ enumake eye wòdo gbe nɛ be, “Fia nenɔ agbe tegbee. Fia nenɔ agbe tegbee!”


na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.” Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.”


Ne menye nenema o la, ne wotsɔ nye aƒetɔ, fia la mlɔ anyi be wòadzudzɔ le fofoawo gbɔ teti ko la, woawɔ fu nye kple vinye Solomo abe hlɔ̃dolawoe míenye ene.”


Egbe la, etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã. Ekpe Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata hã, wole nu ɖum eye wole nu nom kplii fifi laa. Wole ɣli dom be, ‘Fia Adoniya nanɔ agbe tegbee!’


Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’


Zadok tsɔ lãdzo si me ami kɔkɔe le la tso Agbadɔ la me yi Gihon eye wòkɔe ɖe tame na Solomo. Woku kpẽawo eye ameawo katã do ɣli be, “Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!”


Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”


Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”


Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!”


Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o.


Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.


Samuel gaƒo nu na Israelviwo be, “Kpɔ ɖa, mewɔ nu si miebia la na mi. Meɖo fia na mi.


Fia si mietia lae nye esi, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Miawoe bia eye Mawu tsɔe na mi.


Saul nye Kis ƒe viŋutsu eye wònye ɖekakpui dzeɖekɛtɔ le Israel. Ekɔ wu ame sia ame le anyigba la dzi ale be ame kɔkɔtɔ siwo kplɔe ɖo la se abɔta ko nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa