17 Azɔ la, Samuel na Israelviwo katã va kpe ta ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa,
17 Eye Samuel yɔ dukɔ la va Yehowa ŋku me le Mizpa.
Le nye dziku me, meɖo fia na mi, eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me.
Ale Yefta lɔ̃ eye wòzu aʋafia kple Gilead fia. Woɖo kpe nya sia dzi le Yehowa kple ameawo katã ŋkume le Mizpa.
Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa.
Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.
Etsana ƒe sia ƒe drɔ̃a ʋɔnu gbã le Betel, emegbe le Gilgal eye le eya yome la, le Mizpa. Ale wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le teƒe siawo katã.