Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:8 - Agbenya La

8 Srɔ̃a Elkana bianɛ be, “Hana, nya kae na nèle avi fam? Nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu? Nu ka ŋuti nèle nu xam ale? Ɖe nyamewu viŋutsu ewo na wò oa?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete srɔ̃a Elkana gblɔ nɛ bena: Xana, nuka le wowòm nele avi fam, eye nukaŋuti nègbe nuɖuɖu, eye wò dzi le nu xam? Ɖe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:8
11 Mawu Ofanana  

Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?” Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!”


“Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã.


Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.


“Tso aseye, o konɔ, wò ame si medzi vi kpɔ o. Wò ame si melé ku kpɔ o. Dzi ha nàdo dzidzɔɣli, elabena nyɔnu si tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.” Yehowae gblɔe.


Yehowa agbugbɔ ayɔ wò vɛ, abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le, eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene. Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime, eye srɔ̃a gblee ɖi la ene” Wò Mawu lae gblɔe.


Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.”


Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.”


Míele nu xlɔ̃m mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame.


nena wò agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me, elabena lɔ̃xoyɔviwò, ame si lɔ̃ wò, ame si sɔ gbɔ na wò wu ŋutsuvi adre lae dzii na wò.”


Esia yia dzi ƒe sia ƒe. Nenye be Hana yi ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, atsusia gblɔa nya doa dziku nɛ va se ɖe esime wòwoa avi eye wògbea nuɖuɖu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa