Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:18 - Agbenya La

18 Hana gblɔ be, “Na wò dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò.” Ale wòlé eƒe mɔ tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eɖo ŋu bena: Ne ève wò dɔlanyɔnu nu ko! Emegbe nyɔnu la lé eƒe mɔ, eye woɖu nu, eye megato mo azɔ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:18
11 Mawu Ofanana  

Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’ ”


Ame dɔdɔawo trɔ tso Esau gbɔ va gblɔ na Yakob be Esau gbɔna Yakob kpe ge kple ame alafa ene!


Esau gblɔ be, “Enyo, mana nye ame aɖewo nakpe ɖe mia ŋu, eye woanye kplɔlawo na mi.” Yakob gbe be, “Ao, nye aƒetɔ, míanɔ edzi ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi. Meɖe kuku, na wòanɔ abe ale si megblɔ ene.”


Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.”


Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me.


Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!


Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.


Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.


Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.”


Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.” Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa