Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:15 - Agbenya La

15 Hana ɖo eŋu gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, nyɔnu si ƒe dzi le nu xam lae menye. Nyemenoa wain alo aha sesẽ o; ke boŋ nye dzimenuxaxa ko ɖem mele ɖe Yehowa ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Xana do ŋu gblɔ bena: Gbeɖe, nye aƒetɔ, nyɔnu nuxala menye, nyemeno wein alo aha muamea ɖeke o: ke boŋ nye dzimenyawoe meɖe ɖe go le Yehowa ŋku me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:15
12 Mawu Ofanana  

“Azɔ nye agbe nu va le yiyim eye hiãŋkekewo lém.


Mekeke nye abɔwo me na wò, eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò abe kuɖiɖinyigba ene. Sela


Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me. Tsã la, nyee kplɔa amehawo; menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me, eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ.


O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela


Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye, eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo, elabena ne woda wo le nudanu dzi la, tofloko ko wonye, eye wo katã ƒuƒu ko wonye.


Dzi ɖe sia ɖe nya eya ŋutɔ ƒe vevesese eye ame aɖeke hã mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o.


Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.


Dzigbɔɖie wotsɔna blea fia nue eye aɖe bɔbɔe ate ŋu agbã ƒu.


Fɔ, fa avi le zã me, dze egɔme ne zãdzɔɣi ƒe ga ƒo, trɔ wò dzi kɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe tsi ene. Tsɔ wò abɔwo do ɖe dzi nɛ le viwòwo ƒe agbe ta, ame siwo dɔwuame na wole kukum le kpɔdomewo.


Mègabu wò dɔlanyɔnu vɔ̃ɖi o. Nye xaxawo tae mele gbe dom ɖa le afi sia le nuxaxa blibo me.”


Wova kpe ta ɖe Mizpa, woku tsi tso vudo aɖe me kɔ ɖe anyigba le Yehowa ŋkume eye wotsi nu dɔ ŋkeke blibo ɖeka abe nuxaxa ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta ene. Ale Samuel zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la le Mizpa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa