Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:12 - Agbenya La

12 Esime Hana nɔ gbe dom ɖa na Yehowa la, Eli nɔ ŋku lém ɖe eƒe nuyiwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi wòle gbe dom ɖa le Yehowa ŋku me eteƒe didi la. Eli lé ŋku de eƒe nu ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:12
8 Mawu Ofanana  

Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye ɖeɖi megate wo ŋu o.


Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta.


Mido vevi gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ, eye mida akpe na Mawu.


Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.


Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ.


eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, “O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.”


Hana do gbea ɖa le eƒe dzi me, eƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm butubutu gake eƒe gbe meɖi wose o, eya ta Eli bu be ahae wòmu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa