Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o.
“Oo Yehowa, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le anukwareɖiɖi me kple ale si metsɔ nye dzi blibo la wɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Eye Hezekia fa avi vevie.
Yehowa agbugbɔ ayɔ wò vɛ, abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le, eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene. Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime, eye srɔ̃a gblee ɖi la ene” Wò Mawu lae gblɔe.
Ke ne mieɖo to o la, mafa avi le bebeme le miaƒe dada ta. Nye ŋkuwo afa avi vevie eye aɖatsi ado le mo nam blobloblo elabena woaɖe aboyo Yehowa ƒe alẽha la.
Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.
Naomi ɖo eŋu be, “Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ.
eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, “O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.”