Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:1 - Agbenya La

1 Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:1
21 Mawu Ofanana  

Aglãdzelawo ƒe kplɔla ɖeka hãe nye Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si tso Zereda du la me le Efraimnyigba dzi. Dadaa nye ahosi aɖe si ŋkɔe nye Zerua.


ame si dzi Zadok, ame si dzi Salum,


Kohat ƒe viwoe nye: Aminadab, Korah, Asir,


Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale: Hadzila Heman tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me. Eƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Israel dzi la yi ale: Yoel, Samuel,


Elkana, Yeroham, Eliel, Toax,


Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si trɔ zu Yesu yomedzelawo dometɔ ɖeka la,


Eleazar, Aron ƒe vi hã ku, eye woɖii ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi le Gibea, du si wotsɔ na via Finehas la me.


Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la,


Ŋutsu aɖe nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi, eŋkɔe nye Mika.


Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o. Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda.


Edrɔ̃a ʋɔnu le teƒe aɖe si woyɔna fifia be, “Debora ƒe Deti,” le Rama kple Betel dome, le Efraim ƒe tonyigba dzi. Israelviwo yia egbɔ le afi ma be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo.


Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma.


Obed dzi Yese, eye Yese dzi David.


Ƒome blibo la fɔ ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana dɔ srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi.


Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe.


Ale Elkana yi aƒe me le Rama, ke ɖevi la subɔ le Yehowa ŋkume le nunɔla Eli ƒe kpɔkplɔ te.


Egatrɔna vaa Rama elabena afi mae nye eƒe nɔƒe eye wògadrɔ̃a ʋɔnu le afi sia hã. Eɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Rama.


Wotsa le afi sia afi le Efraim ƒe tonyigba la dzi kple Salisa nyigba kple Salim nuto me kple Benyamin ƒe anyigba blibo la dzi gake womete ŋu kpɔ wo o.


Esi wogadi wo le Zuf nyigba la hã dzi la, Saul gblɔ na subɔla la be, “Na míayi aƒe me elabena fifia la, fofonye atsi dzi ɖe míawo ŋu wu tedziawo ŋu!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa