Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 9:2 - Agbenya La

2 Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Metsɔ anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, kple tɔmelãwo katã de asi na mi, eye mianye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 9:2
16 Mawu Ofanana  

Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo.


Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.”


Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”


Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ.


Emegbe la, wodze mɔ. Mawu na vɔvɔ̃ dze du siwo katã me woto la dzi, ale be womeho aʋa ɖe wo ŋu o.


Mawu yra Noa kple viawo, eye wògblɔ na wo be, “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba blibo la dzi.”


Nu sia nu si le agbe, eye woʋãna la anye nuɖuɖu na mi. Abe ale si metsɔ amagbewo na mi kpɔ ene la, nenema ke mele nu sia nu tsɔm le asi dem na mi fifia.


Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta? Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?


“ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me.


Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo, kple lã siwo tana la dome, maŋe dati kple yi, maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me.


Maɖo lã wɔadãwo ɖa be woawu mia viwo, avuvu miaƒe aƒemelãwo, aɖe miaƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ, ale be amewo avɔ le miaƒe mɔwo dzi.


elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ.


Amegbetɔ ate ŋu amla lã ɖe sia ɖe ƒomevi, xeviwo, nutatawo kple tɔmelãwo siaa,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa