Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 9:16 - Agbenya La

16 Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata ne anyieʋɔ do ɖe alilikpowo ŋu la, makpɔe ahaɖo ŋku nubabla, si le Mawu kple ŋutilã, siwo katã me agbegbɔgbɔ le le anyigba dzi dome la dzi tegbee.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 9:16
14 Mawu Ofanana  

Ele be woatso aʋa na ame sia ame. Ele be woato mɔ sia nu ade dzesi miaƒe ŋutilã be mianye gomekpɔlawo le nye nubabla mavɔ la me.


Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.


“Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli wò kple wò dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye wò Mawu kple Mawu na wò dzidzimeviwo.


Eye Mawu gblɔ na Noa be, “Esiae nye nubabla si mewɔ kple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.”


“Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa? Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa? Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim. Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme eye wòana nu sia nu si nye dzi di la, nasu asinye oa?


Miɖo to ne miava gbɔnye. Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe. Mabla nu mavɔ kpli mi, elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la do ŋugbee na David.


Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o.


Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi.


Mawɔ ŋutifafa ƒe nubabla kpli wo, wòanye nubabla mavɔ. Maɖo wo gɔme anyi, madzi woƒe xexlẽme ɖe edzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbetegbe.


Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa