Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 9:15 - Agbenya La

15 ekema maɖo ŋku nye nubabla kpli wò kple nu gbagbe ɖe sia ɖe dzi be tsiɖɔɖɔ magava atsrɔ̃ nu gbagbewo azɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 ekema maɖo ŋku nye nubabla, si mebia kpli mi kpakple ŋutilã sia ŋutilã, siwo me agbegbɔgbɔ le la dzi, eye tsi magaɖɔ aɖe anyigba la bena, nu gbagbewo katã natsrɔ̃ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 9:15
14 Mawu Ofanana  

Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã.


kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi.


Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o.


Ne mena lilikpowo tsyɔ anyigba dzi la, woakpɔ anyieʋɔ le lilikpoawo me,


eye wògblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo.


“Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe.


le wo ta, eɖo ŋku eƒe nubabla la dzi, eye wòɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe lɔlɔ̃ gã la ta.


Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene.


Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o; mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o. Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o.


Ke maɖo ŋku nubabla si mewɔ kpli wò le wò ɖetugbimeŋkekewo me la dzi, eye mawɔ nubabla mavɔ kple wò.


ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo, eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe,


Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa