Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 9:1 - Agbenya La

1 Mawu yra Noa kple viawo, eye wògblɔ na wo be, “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba blibo la dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 9:1
13 Mawu Ofanana  

Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.”


Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”


Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me.


Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.


Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.”


Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi fũu, eye nàzu dukɔ gã aɖe. Dukɔ geɖewo kple fia geɖewo ado tso wò dzidzimeviwo me.


Ɖe nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si le gbɔwò: xeviawo, lãawo kple nu gbagbe siwo tana la katã do go le aɖakaʋu la me, ale be woagate ŋu adzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.”


Amegbetɔƒome blibo la do tso Noa ƒe viŋutsu etɔ̃ siawo me.


Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi.


Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.”


Mikafu Yehowa. Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu.


Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara, ame siwo dzi mi la dzi. Esi meyɔe la, eya ɖeka koe, gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa