8 Noa ɖo ahɔnɛ aɖe ɖa be ate ŋu akpɔ anyigba ƒuƒui mahã.
8 Tete wòʋu nu le ahɔnea ɖe nu ɖo ɖa, ne yeakpɔ bena, tsia mie vo le anyigba blibo la katã dzi hã?
eye wòɖe asi le akpaviã ɖeka ŋu. Akpaviã la dzo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime anyigba ƒu.
Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me.
Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, aleke nènya le kpɔkpɔm ale! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛtɔwo ene.
Nye ahɔnɛ le agakpewo tome, le towo ƒe bebeƒewo, do wò mo ɖa, eye na mase wò gbe, elabena wò gbe vivina, eye wò mo nya kpɔna.
“Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrawo dome. Midze aye abe dawo ene, eye midza abe akpakpawo ene.