Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 8:21 - Agbenya La

21 Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 8:21
50 Mawu Ofanana  

Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.


Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.”


Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.”


Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa.


“Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.


Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la,


Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.”


Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me? Ɖeka pɛ teti hã o!


Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.


Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ tso keke woƒe vidzĩ me ke, eye tso wo dadawo ƒe dɔ me ke, wodze aglã, hedaa alakpa.


Woƒe aɖi le abe da ƒe aɖi ene. Egale abe ƒli si xe nu eƒe to me ene,


Tɔ dzo lã blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsae wònye na Yehowa, eye wòdzea eŋu ŋutɔ.


Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene.


Ame ka ate ŋu agblɔ bena, “Mewɔ nye dzi dzadzɛe, ŋutinye kɔ eye vɔ̃ mele ŋutinye o?”


Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o.


“Eya ta yi wò amlimagbesawo, wò nukakawo dzi, esiwo me nèƒo ɖokuiwò ɖo tso wò ɖevime ke. Ɖewohĩ akpɔ dzidzedze, ɖewohĩ ahe ŋɔdzi vɛ.


Ame siwo nèwɔ dɔ sesẽwo kpli, eye nèzɔ mɔ geɖewo kpli wo tso wò ɖevime ke la, esia koe nye nu si woate ŋu awɔ na wò. Ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ le vodada me, eye ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si aɖe wò o.”


Miesee kpɔ loo alo se egɔme o. Tso blema ke, miaƒe towo meʋu o. Menya ale si miebaɖae la nyuie. Woyɔa mi tso ɖevime ke be, aglãdzelawo.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene. Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da ɖe eya amea dzi.


“Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi ɖe nye ŋkume ɖaa. Nyemazi ɖoɖoe o. Maɖo eteƒe na wo, wòasu wo nyuie. Maɖo eteƒe atsɔ axe fe na wo,


Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?


Gake woaɖo eŋu be, ‘Mehiã o; miayi edzi awɔ miaƒe lɔlɔ̃nu eye mia dometɔ ɖe sia ɖe adze eƒe dzi vɔ̃ɖi kple aglãdzenuwo yome.’ ”


Meɖo to nyuie, gake womele nu si le eteƒe la gblɔm o. Ame ɖeka pɛ hã meli si eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi venɛ, eye wògblɔna be, “Nu kae nye esi mehewɔ o?” Ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ abe sɔe lũ ɖe aʋa me ene.


Maxɔ mi abe dzudzɔdodo ʋeʋĩwo ene ne meɖe mi tso dukɔwo dome, eye meƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo la.


Ke amea aklɔ dɔmenuawo kple afɔawo, eye nunɔlawo atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Anye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ ado dzidzɔ na Yehowa.


Emegbe la, alé eƒe aʋalawo, eye wòafe xevi la me, gake eƒe aʋalawo maɖe ɖa le xevi la ŋu o. Azɔ la, nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòanye vɔsa si adze Yehowa ŋu. Enye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu.


Amea aklɔ eƒe dɔmenuwo kple afɔwo, nunɔla la atɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woazu numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu.


Mana miaƒe du gãwo nazu aƒedowo, magblẽ miaƒe mawusubɔƒewo, eye miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo magadze ŋunye o.


Woaɖe ami siwo katã le dɔ me na lã la, abe ale si wowɔna le akpedavɔsa me ene, eye nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Nu sia adze Yehowa ŋu. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.


Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu.


eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la,


Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona.


Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo.


Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro, eye woƒe dzi manyanu la me do viviti.


elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo,


Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lĩlĩlĩ la, eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si wòtsɔ de mía me la, kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o la siaa dome.


eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.


Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu.


Míenyae be Mawu viwoe míenye, eye be xexea me blibo la le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.


Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa