Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 5:1 - Agbenya La

1 Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 5:1
15 Mawu Ofanana  

Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale:


Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.


Noa ƒe ŋutinya yi ale: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu.


Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.


Mekpɔe hã be togbɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo wonye ame dzɔdzɔewo hã la, wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ dze eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ mɔ dzi.”


Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:


Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta o, elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme me wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe.


Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene heɖoa dzi ɖe eŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o, eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fiana la ene. Eye zi ale si Aƒetɔ la si nye Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.


eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me.


Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me.


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa