Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 49:6 - Agbenya La

6 O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu. Nyematɔ ɖe woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi gbeɖe o. Elabena wowu ame aɖe le woƒe dɔmedzoe me, eye wode abi nyiwo ŋu dzodzro abe fefenu ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Nye luʋɔ made woƒe adaŋu me o, eye nye dzi mabɔ ha kple wo o, elabena de dziku me wowu ŋutsuwo eye le dzidzɔ teƒe wòŋe ata na nyitsuwo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 49:6
29 Mawu Ofanana  

Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.”


David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko.


David lé sɔdola akpe adre (7,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka (100) ko.


Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o,


O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa; nu siwo katã le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.


O! Mawu, negbe ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi! Mite ɖa le gbɔnye, mi hlɔ̃dolawo!


Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã hã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me,


Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti,


Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o, ame siwo ƒoa nu kple aƒelikawo fafɛ, gake vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me.


ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. O! Yehowa, nye Mawu, mada akpe na wò tegbetegbe.


O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


O! Mawu, bu fɔ wo! Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi. Ɖe wo ɖa le woƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò.


Nyɔ, nye luʋɔ! Nyɔ, kasaŋku kple gasaŋku! Mana fɔŋli nanyɔ!


Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖo kple ame vlo mawo ƒe howɔwɔ me.


Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,


Ame dzɔdzɔe ƒe ɖoɖowo toa mɔ ɖeka, ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖo nye beble.


Nyemenɔ anyi ɖe aglotulawo ƒe hame kpɔ loo alo kpɔ dzidzɔ kpli wo kpɔ o. Nye ɖeka koe nɔ anyi elabena wò asi le dzinye eye nètsɔ dziku yɔ menye.


O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo! Mele ŋeŋem le vevesese me. O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam! Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi, mese aʋaɣlidodo.


Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie.” ’


Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen: neva eme nenema!”


Yosua kple eƒe amewo tu ata na futɔwo ƒe sɔwo, eye wotɔ dzo woƒe tasiaɖamwo abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.


Kison tɔsisi la ƒe tsi sisiwo kplɔ wo dzoe. Nye luʋɔ, yi ŋgɔ kple ŋusẽ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa