Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 49:3 - Agbenya La

3 “Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ, nye ɖekakpuimevi. Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ruben! wòe nye nye ŋgɔgbevi, nye ŋusẽ kple nye ali me vi gbãtɔ, gbãtɔ le bubu me kple gãtɔ le ŋusẽ me.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 49:3
17 Mawu Ofanana  

Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.”


Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:


Lea ƒe viŋutsuwo: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Simeon, Levi, Yuda, Isaka kple Zebulon.


Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ.


Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!”


Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon,


Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o.


Ruben ƒe viwoe nye: Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.


Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katã le woƒe anyigba dzi la ƒu anyi, esiwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo.


Ewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo le Ham gbadɔwo te.


Ruben axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Efraim ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.


Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu.


Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben ƒe viwoe nye Hanok, ame si dzi Hanok hlɔ̃ la. Palu, ame si dzi Palu hlɔ̃ la,


Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.”


eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo.


“Ruben anɔ agbe tegbee eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!”


“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla, Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa