Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 49:1 - Agbenya La

1 Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yakob ya viawo gblɔ bena: Miƒo ƒu, ne magblɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la afia mi!

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 49:1
28 Mawu Ofanana  

“Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.”


Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.


Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi ɖe eƒe to la dzi, be wòanye to si aƒo towo katã ta, woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta, eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe.


“Mi katã miva ƒo ƒu ne miaɖo to afii. Legbawo dometɔ kae gblɔ nu siawo da ɖi? Ame si Yehowa tia la ana Yehowa ƒe tameɖoɖo ɖe Babilonia ŋu nava eme, eye wòakɔ eƒe abɔ dzi ɖe Babiloniatɔwo ŋu.


Ame kae xɔ miaƒe gbedeasi la dzi se, eye ame ka ŋue woɖe Aƒetɔ la ƒe alɔ fia ɖo?


Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu siawo gɔme keŋkeŋ.


Le Sirus, Persia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Daniel, ame si wogayɔna be Beltesazar la xɔ ɖeɖefia aɖe. Nya si wòhe vɛ la nye nyateƒe eye wòku ɖe aʋa gã aɖe ŋu. Gbedeasi la gɔmesese va nɛ le ŋutega aɖe me.


Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.”


Fia la gblɔ na Daniel be, “Nyateƒee, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo ƒe Aƒetɔ kple ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla la fia.”


Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.


Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔ le la te abe to si ƒo towo katã ta la ene. Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã ta eye amewo aƒo zi ɖe eŋu.


“Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!”


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo.


“ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.


Mose yi edzi be, “Yɔ ameawo katã ƒo ƒu, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo le mia dome, be woase Yehowa ƒe seawo, eye woasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃nu, ale be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miawɔ ɖe eƒe seawo dzi.


Ne vevesese ƒe ŋkeke mawo va tu mi emegbe la, miatrɔ ava Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ mlɔeba, eye miaɖo to eƒe nyawo azɔ,


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtɛe be le ŋkeke mamlɛawo me la, ame aɖewo le hamea me atrɔ le woƒe dzixɔse yome adze nufiala siwo ƒe susuwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo.


Wò ŋku nenɔ esia dzi be ɣeyiɣi vɔ̃wo ava le ŋkeke mamlɛawo me.


Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me.


Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene


Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume, eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la gblɔ be, “Va dziƒo afii, eye mafia nu si ava adzɔ le etsɔ me la wò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa