8 Israel lé ŋku ɖe Yosef ƒe ŋutsuviawo ŋu, eye wòbia be, “Ŋutsuviawoe nye esiawoa?”
8 Ke esi Israel kpɔ Yosef viwo la, ebia bena: Amekawoe nye esiawo?
Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo.
Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.”
Midi Yehowa ne mianɔ agbe, ne menye nenema o la; miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi, afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.