Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 48:7 - Agbenya La

7 Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem).

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esi metrɔ tso Mesopotamia gbɔna va Kanaan la, Raxel ku le gbɔnye le mɔ dzi, esi mele tu Efrat, eye meɖii ɖe afima le Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 48:7
13 Mawu Ofanana  

Isak xɔ ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi.


Emegbe la, Yakob tso Padan Aram va ɖo Sekem le Kanaanyigba dzi dedie, eye wònɔ du la godo.


Yakob tu ŋkuɖodzikpe si gali va se ɖe egbe la ɖe Rahel ƒe yɔdo dzi.


Esime Yakob va ɖo Betel le eƒe mɔzɔzɔ tso Padan Aram me la, Mawu gaɖe eɖokui fiae, eye wòyrae.


Ke viwò bubu ɖe sia ɖe ya la, anye wò ŋutɔ tɔ, eye woanyi Efraim kple Manase ƒe dome tso gbɔwò le wò ŋutɔ wò nuwo gome.


“Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.”


“Wose ɣlidodo le Rama, avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo; Rahel nɔ avi dzi le viawo ta, eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o, elabena viawo megali o.”


Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma.


Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo.


Ne èdzo le gbɔnye egbea la, àkpɔ ŋutsu eve aɖewo le Rahel ƒe yɔdo gbɔ le Zelza le Benyamin ƒe to la ƒe liƒo dzi. Woagblɔ na wò be, ‘Wofɔ tedzi siwo nèle didim. Fofowò megatsi dzi ɖe tedziawo ŋuti o ke boŋ etsi dzi ɖe ŋutiwò. Ele biabiam be, “Nu ka mawɔ tso vinye ŋuti?” ’


Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?”


Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa