Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 48:22 - Agbenya La

22 Metsɔ Sekemnyigba si metsɔ nye yi kple dati xɔ le Amoritɔwo si la na wò ɖe nɔviwòwo teƒe be wòanye wò gome.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke metsɔ anyigbaa ɖe, si mexɔ le Amoritɔwo si kple nye yi kple da la na wò, si natsɔ awu nɔviwòwo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 48:22
12 Mawu Ofanana  

Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”


Eƒle anyigba si dzi wònɔ la le Sekem fofo, Hamor ƒe ƒometɔwo si klosalo alafa ɖeka.


Wolé woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo kpakple nu siwo katã dzi woƒe asi su le dua me kple woƒe agblewo me la hã.


Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo,


Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esiawoe nye liƒo siwo anɔ anyigba siwo miama na Israel ƒe to wuieveawo ƒe domenyinyi la ŋu, eye miana anyigba eve Yosef.


“Metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, togbɔ be wodzɔ atsu abe sedati, eye wosẽ abe sesewu ene hã la, meho wo kple ke.


Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la me, si te ɖe anyigba si Yakob na via Yosef la ŋu.


Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.”


Woɖi Yosef ƒe ƒu siwo Israel tsɔ vɛ tso Egiptenyigba dzi la ɖe Sekem, le anyigba si Yakob ƒle le Hamor ƒe viwo si la dzi. Teƒe sia le anyigba si woma na Yosef ƒe viwo la me.


“ ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu lae xɔ anyigba la le Amoritɔwo si na Israelviwo. Ekema nu ka ta míagbugbɔe na wò?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa