Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 48:19 - Agbenya La

19 Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke fofoa gbe, eye wògblɔ bena: Menyae, vinye, menyae! Eya hã ava nye dukɔ, eye wòasẽ ŋu. Gake nɔvia ɖevitɔa asẽ ŋu awui, eye eƒe dzidzimeviwo anye dukɔ gã.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 48:19
17 Mawu Ofanana  

“Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.”


Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.”


Ɖeviawo dometɔ si Isak lɔ̃ wu lae nye Esau, le adelã si wòtsɔna vaa aƒe mee ta; ke esi Rebeka lɔ̃ wu lae nye Yakob.


elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi.


Gbe la gblɔ be, “Nyee nye Mawu, fofowò ƒe Mawu, mègavɔ̃ na Egipte yiyi o, elabena mana nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma.


Ke Israel tso ga eƒe abɔwo esime wòdi be yeada yeƒe asiwo ɖe ɖeviawo ƒe tawo dzi. Ale eƒe ɖusi nɔ Efraim, ame si nye ɖevitɔ, eye wònɔ eƒe miame la ƒe ta dzi, eye eƒe miasi nɔ Manase, ame si nye tsitsitɔ, eye wònɔ eƒe ɖusime la ƒe ta dzi.


Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!”


Yehowa ana be ŋɔdzinu si tɔgbi medzɔ kpɔ tso keke esime Efraim ma ɖa tso Yuda gbɔ o la nadzɔ ɖe wò kple wò amewo kple fofowò ƒe aƒe dzi. Akplɔ Asiria fia aƒu wò.”


“Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put nye asrafowo le wò aʋakɔ me. Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò.


elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene!


Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.”


wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Aser ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Naftali ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Manase ƒe to la me,


wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Zebulon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yosef ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Benyamin ƒe to la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa