Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 47:4 - Agbenya La

4 Míeva be míanɔ Egipte, elabena gbeɖuƒe mele Kanaanyigba dzi na míaƒe lãwo o; dɔwuame la nu sesẽ le afi ma ŋutɔ. Míele mɔ biam be nàna míanɔ Gosenyigba dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wogblɔ na Farao bena: Amedzrowo míenye va afisia na ge; elabena gbe megali na wò dɔlawo ƒe lãwo o, eye dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Kanaan-nyigba dzi. Eyata miede kuku, na wò dolawo nano Gosen-nyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 47:4
11 Mawu Ofanana  

Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte.


Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ.


Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o.


Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye.


migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”


Farao gblɔ na Yosef be, “Fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo va gbɔwò,


Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi, eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Tsã la, nye dukɔ yi Egipte be wòanɔ afi ma. Emegbe la, Asiriatɔwo tee ɖe to vevie.


“Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kananyigba dzi, ale be mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ.


Mawu gagblɔ na Abraham be, ‘Wò dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene.


Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa