Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 47:23 - Agbenya La

23 Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Tete Yosef gblɔ na dukɔ la bena: Kpɔ ɖa, egbe meƒle mia kple miaƒe anyigbawo na Farao. Mixɔ nuku, ne miaƒã ɖe miaƒe agblewo me.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 47:23
15 Mawu Ofanana  

Nyi ɖiku adreawo kple bli maʋamaʋã yɔyrɔ adreawo fia be ƒe adre ƒe dɔwuame adze ƒe adre siwo me nuɖuɖu abɔ la yome.


Ƒe eve koe nye esia dɔwuame la va, eye anɔ anyi wòade ƒe adre esime nuƒaƒã alo nuŋeŋe manɔ anyi o.


Anyigba si meƒle o la koe nye esi nye nunɔlawo tɔ, elabena Farao naa nuɖuɖu wo, eye mehiã be woadzra woƒe anyigba o.


Mima nu sia nu si miaxa la ɖe akpa atɔ̃ me; ɖeka nanye Farao tɔ. Akpa ene nanye mia tɔ, wòanye nuƒaƒã le ƒe si gbɔna la me kple nuɖuɖu na miawo ŋutɔ miaƒe aƒemetɔwo kple mia viwo.”


Nyui ava na ame si nyoa dɔ me, doa nugbana faa, eye wòwɔa eƒe nuwo to mɔ dzɔdzɔe dzi.


Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo, Yehowa aɖee le xaxaɣi.


Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi.


Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae.


Ame dahe ƒe agble wɔa nuku geɖe, ke amebaba kplɔnɛ dzonae.


Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko, elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o; ɖewohĩ wo katã amie.


Abe ale si tsi kple tsikpe dzana tso dziƒoe, eye megatrɔna yia dziƒo o, negbe ɖe wode tsi anyigba kple nuku siwo le edzi be woatse ku nyuiwo na agbledela, eye woanye abolo na ame si aɖui ene la,


“Azɔ minye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi.


Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa