Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 47:1 - Agbenya La

1 Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Yosef yi ɖagblɔ na Farao bena: Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan-nyigba dzi va kple woƒe alẽwo, nyiwo kpakple nusianu, si le wo si la, eye wole Gosen-nyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 47:1
8 Mawu Ofanana  

Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye.


Nya la ɖo Farao gbɔ be, “Yosef nɔviwo va.” Esi Farao kple eŋumewo se nya sia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ.


Yakob na Yuda do ŋgɔ be wòagblɔ na Yosef be yewole mɔa dzi gbɔna, eye esusɔ vie yewoaɖo Gosen. Eteƒe medidi o la, woɖo Gosen.


Yosef gblɔ na nɔviawo kple woƒe aƒemetɔwo katã be, “Mayi aɖagblɔ na Farao be mieva ɖo, eye mietso Kanaanyigba dzi be miava anɔ afi sia kplim.


migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”


“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,


Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ.


Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me nɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa