Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 45:5 - Agbenya La

5 Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Migana woazu nuxaxa na mi o, eye megave mi be, mietsɔm ƒle ɖe afisia o; elabena Mawue dɔm ɖe mia ŋgɔ, bena maɖe miaƒe agbe.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 45:5
21 Mawu Ofanana  

Ale esi Midiansitsalawo va ɖo wo gbɔ la, woɖe Yosef le vudo la me, dzrae na Ismaeletɔwo klosalo blaeve, eye wokplɔe yi Egipte.


Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.”


Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia?


Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe.


Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo.


Èwɔe le bebeme ke nye ya mawɔ nu sia ɖe ŋuwò le gaglãgbe, le Israel blibo la ŋkume.’ ”


Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi.


Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?”


hedo gbe ɖa be, “Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me, eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo. Yehowae na eye Yehowae gaxɔe; woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!”


Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae.


Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo ɖo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi, ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo domee.


Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee, eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ.


Ɖewohĩ, anyo be nàbu nya sia ŋu ale: Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, wòazu tɔwo tegbee.


Ƒome blibo la fɔ ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana dɔ srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa