Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 45:16 - Agbenya La

16 Nya la ɖo Farao gbɔ be, “Yosef nɔviwo va.” Esi Farao kple eŋumewo se nya sia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye Farao kple eƒemetɔwo se bena, Yosef nɔviwo va. Eye wòdze Farao ŋuti mewo katã ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 45:16
15 Mawu Ofanana  

Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo.


Fia Abimelek gblɔ na Abraham be, “Lé ŋku ɖe nye fiaɖuƒe la ŋu, eye nàtia afi sia afi si nàdi be yeanɔ la.”


Nya sia trɔ na Hamor kple Via ŋutsu Sekem.


Susu si mado ɖa lae nye be Farao nadi nunyala gãtɔ kekeake le Egipte, eye nàtsɔe aɖo agbledede ƒe ɖoɖowo nu le anyigba blibo la dzi.


Farao kple eƒe kpeɖeŋutɔwo xɔ Yosef ƒe nyawo.


Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu.


Farao gblɔ na Yosef be, “Gblɔ na nɔviwòwo be woado agba na woƒe tedziwo enumake, atrɔ ayi wo de le Kanaan kaba,


Ameawo katã de dzesi nya sia eye wokpɔ ŋudzedze le eŋu; le nyateƒe me la, nu sia nu si fia la wɔ la dze wo ŋu.


Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi


Fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kpɔ ŋudzedze le Memukan ƒe aɖaŋuɖoɖo la ŋu, ale fia la wɔ ɖe Memukan ƒe susu la dzi.


eye le esia megbe la, ɖetugbi si adze ŋuwò wu la, azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Aɖaŋuɖoɖo la dze fia la ŋu, eya ta wòwɔ ɖe edzi.


Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la.


Nya sia me kɔ na hame la katã eya ta wotia ame adreawo, siwoe nye: Stefano, ame si ƒe xɔse de to, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu, Filipo, Prokoro kple Nikano. Bubuawoe nye: Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia, ame si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ.


Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo, elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma o. Eɖe wo fia Fia Farao hã.


evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa