Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 45:10 - Agbenya La

10 Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye nanɔ Gosen-nyigba dzi, ate ɖe ŋunye, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, wò alẽwo kple nyiwo kpakple nusiwo katã le asiwò.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 45:10
12 Mawu Ofanana  

migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”


Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.”


Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu.


Míeva be míanɔ Egipte, elabena gbeɖuƒe mele Kanaanyigba dzi na míaƒe lãwo o; dɔwuame la nu sesẽ le afi ma ŋutɔ. Míele mɔ biam be nàna míanɔ Gosenyigba dzi.”


eye Egiptenyigba le ŋkuwò me. Na fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo nanɔ anyigba la ƒe akpa nyuitɔ dzi. Na woanɔ Gosen. Ne ènya wo dometɔ aɖe si ŋu ŋutete tɔxɛ aɖe le la, nàna wòakpɔ nye ŋutɔ nye lãhawo dzi.”


Mordekai, Yudatɔ la nye amegã si kplɔ Fia Ahasuerus ɖo. Exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome. Wo katã wobunɛ, elabena ewɔ nu si wòate ŋui la na Yudatɔwo ƒe nyonyo kple woƒe dzidzimeviwo ƒe dedinɔnɔ.


“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,


Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ.


“Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.


Yosef dɔ nɔviawo be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakob, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa