Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 42:9 - Agbenya La

9 Tete wòɖo ŋku eƒe drɔ̃e siwo wòku tso wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be, “Ŋkutsalawoe mienye! Ɖe mieva be yewoakpɔ afi si toƒe le le anyigba la ŋu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete Yosef ɖo ŋku drɔ̃e, si wòku le wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo bena: Ŋkutsalawo míenye! Ɖe mieva, be miadi mɔnu le anyigba la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 42:9
15 Mawu Ofanana  

Nɔviawo ʋã ŋui ɖe edzi wu, gake fofoa ya de ŋugble le nya la ŋuti.


Mia dometɔ ɖeka neyi wòakplɔ mia nɔvia vɛ! Made mi ame mamlɛawo gaxɔ me. Ekema míanya ne miaƒe nya la nye nyateƒe alo aʋatso. Ne eva eme be nɔviŋutsu suetɔ aɖeke mele mia si o la, ekema manya be ŋkutsalawoe mienye.”


gake mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam. Ekema manya nenye ŋkutsalawo mienye loo alo nuteƒewɔlawo mienye. Ne miete ŋu ɖe nu si miebe yewonye fia la, ekema maɖe asi le mia nɔvia ŋu na mi, eye miate ŋu ava aƒle bli le afi sia ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la.’ ”


Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”


Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la.


“Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.”


Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ.


To xɔse me gbolo Rahab, esi wòxɔ ŋkutsalawo ta la, womewui kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o.


Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve,


Ŋkutsalawo yi ɖatu Rahab, eye woxɔe ɖe agbe kpe ɖe fofoa, dadaa, nɔviawo kple ame siwo katã nɔ egbɔ la ŋu. Wona ame siawo nɔ Israelviwo ƒe asaɖa la godo.


ŋkutsalawo kpɔ ŋutsu aɖe wòdo tso dua me eye wogblɔ nɛ be, “Fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí ekema míakpɔ egbɔ be womawɔ nuvevi aɖeke wò o.”


eɖo ŋkutsalawo ɖe gbea dzi eye woɖo kpe edzi nɛ be Saul va ɖo afi ma vavã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa