Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 42:11 - Agbenya La

11 nɔviwo mí katã míenye. Nuteƒewɔlawo míenye. Menye ŋkutsalawoe míenye o!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Mí katã ŋutsu ɖeka viwo míenye, eye nyateƒetɔwo míenye: wò dɔlawo menye ŋkutsalawo o.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 42:11
8 Mawu Ofanana  

Etee ɖe wo dzi be, “Ɛ̃, ŋkutsalawoe mienye. Mieva be yewoakpɔ ale si nu te mía ŋui la ɖa.”


Mia dometɔ ɖeka neyi wòakplɔ mia nɔvia vɛ! Made mi ame mamlɛawo gaxɔ me. Ekema míanya ne miaƒe nya la nye nyateƒe alo aʋatso. Ne eva eme be nɔviŋutsu suetɔ aɖeke mele mia si o la, ekema manya be ŋkutsalawoe mienye.”


Metsɔe be mienye nuteƒewɔlawo; mia dometɔ ɖeka koe atsi gaxɔ me le afi sia; ame bubuawo atsɔ bli ayi mia de na miaƒe ƒometɔwo.


Míegblɔ nɛ be, ‘Gbeɖe, nuteƒewɔlawo míenye, menye ŋkutsalawo míenye o.


Wogblɔ nɛ be, “Ŋutsu la bia nya mí tsitotsito tso míaƒe ƒome ŋu. Edi be yeanya ne mía fofo le agbe, eye wòbia be nɔvi bubu gale mía si mahã? Nu sia tae míegblɔe nɛ ɖo. Aleke míate ŋu anya be agblɔ be, ‘Mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam’?”


Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o.


Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa