Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 41:57 - Agbenya La

57 Eye amewo tso dukɔwo katã me va Egipte be yewoaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔwuame la nu sesẽ le xexea me katã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

57 Eye amewo tso afiawo katã va Egipte, be woaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ le afisiafi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 41:57
11 Mawu Ofanana  

Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte.


eye dɔwuame ƒe ƒe adreawo dze egɔme abe ale si Yosef gblɔe da ɖi ene. Nukuwo gblẽ le dukɔ siwo ƒo xlã wo la me, ke nuɖuɖu bɔ ɖe avawo me le Egipte.


Esi dɔwuame kaka ɖe anyigba blibo la dzi la, Yosef ʋu avawo, eye wòdzra nuɖuɖu na Egiptetɔwo, elabena dɔwuame la nu sesẽ le anyigba la katã dzi.


Esi Yakob se be bli nɔ Egipte la, egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele afi sia le mia nɔewo kpɔm ɖo?


Ale Israel ƒe viwo kple ame bubuwo tso anyigba geɖewo dzi va ɖo Egipte be yewoaƒle bli, elabena dɔwuame la nu sesẽ le Kanaan abe teƒe ɖe sia ɖe ene.


Esi wònye Yosef tututue nye dziɖula le Egipte katã, eye wònye eyae le blia dzi kpɔm ta la, eya gbɔe nɔviawo yi, eye wodze klo, de ta agu nɛ.


Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o.


Yosef xɔ ga siwo katã le ame siwo le Egipte kple Kanaan la si, eye wòna nuɖuɖu wo ɖe woƒe ga teƒe. Etsɔ ga la de Farao ƒe gadzraɖoƒe.


Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe.


Ne menye nenema o la, dukɔ si me nèkplɔ mí do go tso la agblɔ be, ‘Esi Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo dzi o, eye esi wòlé fu wo ta la, ekplɔ wo do goe be yeawu wo le gbedzi.’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa