Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 41:54 - Agbenya La

54 eye dɔwuame ƒe ƒe adreawo dze egɔme abe ale si Yosef gblɔe da ɖi ene. Nukuwo gblẽ le dukɔ siwo ƒo xlã wo la me, ke nuɖuɖu bɔ ɖe avawo me le Egipte.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 tete dɔŋɔliƒe adreawo dze gɔme, abe alesi Yosef gblɔ ene. Eye dɔ to ɖe anyigbawo katã dzi, ke nuɖuɖu le Egipte-nyigba ya dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 41:54
13 Mawu Ofanana  

Nyi ɖiku adreawo kple bli maʋamaʋã yɔyrɔ adreawo fia be ƒe adre ƒe dɔwuame adze ƒe adre siwo me nuɖuɖu abɔ la yome.


Ke le ƒe mawo yome la, dɔwuame ava ƒe adre, eye enu asesẽ ale gbegbe be nuɖuɖu si bɔ tsã la avɔ, woaŋlɔ woƒe bɔbɔ kpɔ be le Egipte, eye dɔwuame agblẽ anyigba la dzi.


Ale ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ le Egipte la wu enu,


Mese be bli le Egipte. Miyi afi ma miaƒle bli vɛ hafi dɔ nawu mí míaku.”


Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o.


Makpɔ dziwò le afi ma, elabena ƒe atɔ̃ ƒe dɔwuame gale mía ŋgɔ. Ne menye nenema o la, wò kple wò aƒemetɔwo kple ame siwo katã nye tɔwòwo la, miazu dɔwuitɔwo.’


Dɔwuame la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi kokoko le Egipte kple Kanaan siaa.


Elisa gblɔ na nyɔnu si ƒe viŋutsu wògbɔ agbee la be, “Kplɔ wò ƒometɔwo eye miayi aɖanɔ teƒe aɖe si miate ŋu anɔ elabena Yehowa ɖe gbe be dɔwuame nava anyigba la dzi eye wòanɔ anyi ƒe adre.”


Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi, eye wògblẽ woƒe nuɖuɖukpɔtsoƒewo katã,


“Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kananyigba dzi, ale be mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa